Matthew 21:33-46

Lododo le waingble kple edzikpɔlawo ŋuti

(Marko 12:1-12; Luka 20:9-19)

33“Miɖo to miase lododo sia ɖa, Agbledela aɖe de waingble gã aɖe eye wòtɔ kpɔ ƒo xlãe. Etu nɔƒe tɔxɛ na agblea ŋudzɔla eye wòtu wainfiaƒe hã. Azɔ etsɔ agblea de asi na agbledelawo be woawɔ dɔ le eme ale be yeama viɖe si ado tso eme la kpli wo. Le esia wɔwɔ vɔ megbe la, agbletɔ la ŋutɔ dzo yi du bubu aɖe me.

34“Esi nuŋeɣi ɖo la, eɖo dɔlawo ɖe agblea dzi kpɔlawo gbɔ be woaxɔ yeƒe viɖe vɛ na ye. 35Ke agbledzikpɔlawo dze ame dɔdɔawo dzi wu ɖeka, ƒo ɖeka vevie eye woƒu kpe atɔ̃lia.

36“Agbletɔ la gaɖo ameha gã bubu ɖa gake wowɔ fu woawo hã abe amedɔdɔ gbãtɔwo ene. 37Mlɔeba la, agbletɔ la dɔ via ŋutsu ɖa kple susu sia be woade bubu eya ŋu elabena enye via.

38“Gake kpao, esi agbledzikpɔla siawo kpɔ ŋutsuvia wògbɔna la, wogblɔ na wo nɔewo be, ‘Ehẽ, ame siae le fofoa ƒe dome nyi ge ale be teƒe sia katã gbɔna etɔ zu ge, mia tɔwo mina míawui bena agble sia nazu mía tɔ!’ 39Ale wohe agbletɔ la ƒe vi do goe le agblea me eye wowui.”

40Yesu yi edzi bia wo be, “Nenye be agbletɔ la ŋutɔ gbɔ ɖe, nukae miebu be awɔ agbledzikpɔla vɔ̃ɖi siawo?”

41Yudatɔwo ƒe amegãwo ɖo eŋu nɛ be, “Ana woawu ame vɔ̃ɖi siawo eye wòaxɔ agblea atsɔ na ame siwo awɔ eƒe gbe dzi la.”

42Yesu gabia wo bena, “Miexlẽ le mawunya me kpɔ be, ‘Kpe si xɔtulawo gbe be yewomazã o lae va zua dzogoedzikpe na xɔ la oa? Esia menye nu wɔnuku aɖe si Aƒetɔ la wɔ oa?’

43“Nya si gblɔm mele na mi la gɔme kpuie koe nye be woaxɔ mawufiaɖuƒe la le mia si atsɔ na dukɔ bubu, si atsɔ viɖe si nye Mawu tɔ la vɛ nɛ. 44Nyateƒe nya sia ɖe wòle abe kpe ene, ame si akli kpe sia la, aŋe kluikluiklui eye ame si dzi kpe sia age adze la, agba gudugudu.”

45Yudatɔwo ƒe Osɔfogãwo kple Farisitɔwo kpɔe dze sii be yewoe nye agbledzikpɔla vɔ̃ɖi siwo ŋu Yesu ƒo nu le, le lododo la me eye yewo ŋutie wòle nya la gblɔm ɖo. 46Le esia ta, wodi vevie be yewoawui, gake wonɔ vɔvɔ̃m be ne yewolée la, ameha la atɔ zi elabena wonya be ameha la xɔe se be Yesu nye nyagblɔɖila.

Copyright information for EweBEE